Hebrews 5

1Wotiaa Osɔfogã ɖe sia ɖe tso amegbetɔwo dome eye wodea dɔ asi nɛ be wòanɔ ŋgɔ na yewo le mawusubɔsubɔ ƒe nyawo me eye wòatsɔ nunanawo kple nu vɔ̃ ŋuti vɔsawo aɖo Mawu ŋkume. 2Osɔfogã sia tea ŋu gbɔa dzi ɖi na numanyala siwo le mɔ tram la esi eya ŋutɔ hã nye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔ le mɔ geɖewo nu. 3Esia tae wò le be wòasa vɔ ɖe eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃ kple ame bubuwo ƒe nu vɔ wo ta.

4Ame aɖeke metsɔa bubu sia dea eɖokui ŋuti o; ele be Mawu nayɔe abe ale si wòyɔ Arɔn ene. 5Eya ta Kristo hã metsɔ Osɔfogã ƒe ŋutikɔkɔe da ɖe eɖokui dzi o ke boŋ Mawu gblɔ nɛ be,

“Wòe nye vinyeŋutsu, egbe mezu Fofowò.”
6Egagblɔ le teƒe bubu be,

“Enye Osɔfo tegbetegbe eye wò ɖoƒe sɔ kple Melkizedek tɔ”.
7Esi Yesu nɔ agbe le anyigba dzi la, ewɔ gbedodoɖawo kple kukuɖeɖewo kple ɣli kpakple aɖatsi na eya ame si si ŋusẽ le be wòaɖee tso ku me eye wòɖo toe le eƒe bubu kple ɖokuibɔbɔ ta. 8Togbɔ be eyae nye Mawu vi hã la, esrɔ̃ ɖokuibɔbɔ le fukpekpe siwo me wòto la, 9eye esi wowɔe blibo la, eva zu ɖeɖe mavɔ kpɔtsoƒe na ame siwo katã ɖoa toe. 10Eye Mawu ɖoe be wòanye Osɔfogã abe Melkizedek ene.

Nuxɔxlɔ̃ ɖe megbedede ŋuti

11Nya geɖewo li si wò le be míagblɔ le nu sia ŋu, gake esi mietea ŋu sea nu gɔme kabakaba o ta la esesẽ na be míaɖe nya siawo me na mi. 12Le nyateƒe me la, togbɔ be fifia ele be mianye nufialawo hã la, miegahiã ame aɖe kokoko be wòagagbugbɔ afia mi gɔmedzenuwo tso Mawu ƒe nya ƒe nyateƒewo ŋu. Miehiã notsi, ke menye nuɖuɖu sesẽ o! 13Ame sia ame si ganoa notsi esi wònye ɖevi ko ta la, mate ŋu ase nufiafia tso dzɔdzɔenyenye ŋuti gɔme o. 14Ke nuɖuɖu sesẽ nye ame tsitsiwo tɔ, ame siwo to eŋudɔwɔwɔ atradi me he wo ɖokuiwo be woate ŋu ade vovo nyui kple vɔ̃ dome.

Copyright information for EweBEE